Mercredi 6 novembre Si quelqu’un ne trébuche pas en parole, - TopicsExpress



          

Mercredi 6 novembre Si quelqu’un ne trébuche pas en parole, celui-là est un homme parfait. — Jacq. 3:2. Des divergences et des malentendus surviennent inévitablement entre chrétiens (Phil. 4:2, 3). Cependant, il est possible de résoudre ces problèmes sans troubler la paix de la congrégation. Par exemple, si nous nous rendons compte que nous avons offensé quelqu’un, appliquons le conseil de Jésus contenu en Matthieu 5:23, 24. Imaginons à présent qu’un compagnon chrétien nous traite quelque peu injustement. Devrions-nous nous attendre à ce qu’il vienne nous présenter ses excuses ? L’amour “ ne tient pas compte du mal subi ”, lit-on en 1 Corinthiens 13:5. Quand on nous offense, nous poursuivons la paix en pardonnant et en oubliant (Col. 3:13). C’est la meilleure façon de gérer les petites frictions de la vie quotidienne, car on entretient ainsi des relations paisibles avec les autres. Un proverbe déclare que la “ beauté [d’un homme] est de passer sur la transgression ”. — Prov. 19:11. w11 15/8 4:4, 5. Kuɖa, November 6 Ne ame aɖe mewɔa vodada le nuƒoƒo me o la, ame sia nye ame deblibo.—Yak. 3:2. Masɔmasɔwo kple nugɔmemasemase na ame nɔewo ado mo ɖa le haxɔsetɔwo dome godoo. (Flp. 4:2, 3) Ke hã woate ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ evɔ womagblẽ ŋutifafa si le hamea me la dome o. Le kpɔɖeŋu me, ne míekpɔe be míanya da vo le mía nɔvi aɖe dzi la, de ŋugble le aɖaŋuɖoɖo si dzi wòle be míazɔ ɖo si le Mateo 5:23, 24 la ŋu kpɔ. Ke ne ame aɖe wɔ vodada sue aɖe ɖe mía ŋu ya ɖe? Ðe míakpɔ mɔ be vodalaa nava mía gbɔ ava ɖe kuku na mía? Korintotɔwo Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ 13:5 gblɔ be: “[Lɔlɔ̃] meŋlɔa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o.” Ne wodze agɔ le mía dzi la, míetia ŋutifafa yome ne míetsɔe ke heŋlɔe be, si fia be, ‘míeŋlɔ vɔ̃ siwo wowɔ ɖe mía ŋu la ɖi o.’ (Kol. 3:13) Esiae nye mɔ nyuitɔ si dzi wòle be míato akpɔ vodada suesuesue siwo wowɔna ɖe mía ŋu gbe sia gbe la gbɔ, elabena esia wɔnɛ be ŋutifafa nɔa mía kple hati tadeagulawo dome. Lododo aɖe si me nunya le gblɔ be: “Bubu wònye [na ame], nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.”—Lod. 19:11. w11 8/15 4:4, 5
Posted on: Wed, 06 Nov 2013 07:28:43 +0000

Trending Topics



Recently Viewed Topics




© 2015